John 20:11-18

11Ke le ɣeyiɣi sia me Maria ya gatrɔ yi yɔdoa to eye wònɔ avi fam. Esi wònɔ avi fam la ebɔbɔ be yeagakpɔ yɔdoa me ɖa, 12kasia ekpɔ mawudɔla eve siwo nɔ awu ɣiwo me la le yɔdoa me, ɖeka le tade eye evelia le afɔde.

13Mawudɔlawo biae bena, “Nu ka tae nèle avi fam ɖo?”

Eɖo eŋu na wo bena, “Elabena wotsɔ nye Aƒetɔ la dzoe, eye nyemenya afi si wotsɔe da ɖo o.”

14Efɔ kɔ dzi eye wònye kɔ kpɔ megbe, kasia ekpɔ ame aɖe wònɔ tsitre ɖe emegbe. Yesue nye amea gake mekpɔe dze si o.

15Ame la biae be, “Nu ka ta nèle avi fam? Ame ka dim nèle?”

Maria bu be eyae nye abɔdzikpɔla, eya ta wòɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wòe va tsɔe le afi sia la, gblɔ afi si nètsɔe da ɖo la nam bena mayi aɖakɔe.”

16Azɔ Yesu yɔe be, “Maria!” Enumake Maria hã trɔ ɖe Yesu ŋu.

17Yesu gblɔ nɛ bena, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Gake yi nàdi nɔvinyewo ne nàgblɔ na wo bena meyina ɖe Fofonye, ame si nye miawo hã Fofo la kple nye Mawu ame si nye miawo hã ƒe Mawu la gbɔ.”

18Maria Magdalatɔ la yi ɖadi nusrɔ̃lawo eye wògblɔ na wo bena, “Mekpɔ Aƒetɔ la!” eye wògblɔ nya siwo Yesu de asi nɛ la na wo.

Copyright information for EweBEE